settings icon
share icon
Biabia

Ðeko metsɔ nye xɔse ɖo Yesu dzi teti koe nye ema...azɔ nu ka mawɔ?

Ŋuɖoɖo


Míele kafuwòm! Èwɔ nyametsotso si atrɔ wò agbe! Ðewohĩ èle biabiam be, “Azɔ nu ka mawɔ? Ale ke madze nye mɔzɔzɔ kple Mawu gɔmee?” Afɔɖeɖe atɔ̃ siwo míeyɔ ɖe ete la ana mɔfiame wò tso Biblia me. Ne nyabiase aɖewo le asiwò le wò mɔzɔzɔa ŋu la, taflatse yi https://www.gotquestions.org/Ewe

1. Kpɔ egbɔ be yese ɖeɖekpɔkpɔ gɔme.

Yoh.I 5:13 Mawu di be míase ɖeɖekpɔkpɔ gɔme. Mawu di be kakaɖedzi nanɔ mía si be míanyae kple kakaɖedzi be míekpɔ ɖeɖe. Kpuie ko la, mina míadzro ɖeɖekpɔkpɔ ƒe nya veviawo me:

(a) Mí katã míewɔ nu vɔ̃. Mí katã míewɔ nu siwo medzea Mawu ŋu o (Romatɔwo 3:23).

(b) Le míaƒe nu vɔ̃ ta la, míedze be woahe to na mí kple vovototodedeameme tso Mawu gbɔ tegbee (Romatɔwo 6:23).

(c) Yesu ku le atitsoga la dzi be yeaxe fe na m ıae nu vwo ta (Romatɔwo 5:8; Korintotɔwo II. 5:21). Yesu ku ɖe mía teƒe, eye wòxɔ tohehe si dze na mí la. Eƒe tsitretsitsia ɖo kpe edzi be Yesu ƒe kua sɔ gbɔ be wòaxe fe ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta.

(d) Mawu naa tsɔtsɔke kple ɖeɖekpɔkpɔ amesiwo katã tsɔa woƒe xɔse ɖoa Yesu dzi – woɖoa ŋu ɖe eƒe ku ŋu abe míaƒe nuvɔ̃wo ƒe fetu ene (Yohanes 3:16; Romatɔwo 5:1; Romatɔwo 8:1).

Emae nye ɖeɖekpɔkpɔ ƒe gbedasi! Ne ètsɔ wò xɔse da ɖe Yesu Kristo dzi abe wò Ðela ene la, ke èkpɔ ɖeɖe! Wotsɔ wò nu vɔ̃wo katã ke, eye Mawu do ŋugbe be yemagblẽ wò ɖi alo agblẽ wò ɖi gbeɖe o (Romatɔwo 8:38-39; Mateo 28:20). Ðo ŋku edzi be, wò ɖeɖekpɔkpɔ le dedie le Yesu Kristo me (Yohanes 10:28-29). Ne èle ŋu ɖom ɖe Yesu ɖeɖeko ŋu be eyae nye wò Ðela la, àte ŋu aka ɖe edzi be yeanɔ Mawu gbɔ le dziƒo mavɔmavɔ!

2. Di hame nyui aɖe si fiaa Biblia.

Mègabu sɔlemexɔa be enye xɔ o. Hame lae nye ameawo. Ele vevie ŋutɔ be Yesu Kristo dzixɔselawo nawɔ ɖeka kple wo nɔewo. Emae nye sɔlemeha la ƒe taɖodzinu veviwo dometɔ ɖeka. Fifia si nètsɔ wò xɔse da ɖe Yesu Kristo dzi la, míele dzi dem ƒo na wò vevie be nàdi hame si xɔ Biblia dzi se le miaƒe nutoa me eye nàƒo nu kple Osɔfo la. Na wòanya nu tso wò xɔse yeye si le asiwò ɖe Yesu Kristo ŋu la ŋu.

Hamea ƒe taɖodzinu eveliae nye be wòafia Biblia. Àte ŋu asrɔ̃ ale si nàwɔ atsɔ Mawu ƒe mɔfiamewo awɔ dɔe le wò agbe me. Biblia gɔmesese nye nu vevi aɖe si ana míanɔ Kristotɔwo ƒe agbe si me dzidzedzekpɔkpɔ kple ŋusẽ le la me. Timoteo II. 3:16-17 gblɔ be, “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ si tso Mawu ƒe nya me la, eye wòɖea vi na nufiafia, mokaname, ɖɔɖɔɖo kple hehenana le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nasu te nyuie na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.”

Hamea ƒe taɖodzinu etɔ̃liae nye tadedeagu. Tadedeagu nye akpedada na Mawu ɖe nusiwo katã wòwɔ ta! Mawu ɖe mí. Mawu lɔ̃ mí. Mawu naa nuhiahiãwo mí. Mawu fiaa mɔ mí hefiaa mɔ mí. Aleke míate ŋu ada akpe nɛ o? Mawu nye ame kɔkɔe, ame dzɔdzɔe, lɔlɔ̃tɔ, nublanuikpɔla, eye amenuveve yɔe fũ. Nyaɖeɖefia 4:11 ɖe gbeƒãe be, “Mía Aƒetɔ kple Mawu, wòdze be nàxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kpakple ŋusẽ, elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nue wowɔ wo, eye woƒe anyinɔnɔ le wo si.”

3. Ðo ɣeyiɣi ɖi gbesiagbe be nàlé fɔ ɖe Mawu ŋu.

Ele vevie ŋutɔ be míazã ɣeyiɣi gbesiagbe atsɔ míaƒe susu aɖo Mawu ŋu. Ame aɖewo yɔa esia be “ɣeyiɣi si me ɖoɖoezizi le.” Ame bubuwo yɔnɛ be “adzɔgbeɖeɖe,” elabena enye ɣeyiɣi si me míetsɔa mía ɖokui nana Mawu. Ame aɖewo dina be yewoaɖo ɣeyiɣi ɖi le ŋdiwo me, eye ame bubuwo ya lɔ̃a fiẽwo. Mehiã be nàyɔ ɣeyiɣi sia alo ɣekaɣie nèwɔe o. Nu si le vevie enye be nànɔ vovom ɖe Mawu ŋu edziedzi. Nudzɔdzɔ kawoe na míekpɔ ɣeyiɣi si míetsɔ nɔ Mawu gbɔ?

(a) Gbedodoɖa. Gbedodoɖa nye nuƒoƒo na Mawu ko. Ƒo nu tso nu siwo ŋu nètsi dzi ɖo kple kuxiwo ŋu na Mawu. Bia Mawu be wòana nunya kple mɔfiame wò. Bia Mawu be wòakpɔ wò nuhiahiãwo gbɔ na wò. Gblɔ ale si gbegbe nèlɔ̃e kple ale si gbegbe nèkpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo katã wòwɔna na wò la ŋu na Mawu. Ema enye nu si gbedodoɖa fia.

(b) Biblia Xexlẽ. Tsɔ kpe ɖe Biblia fiafia wò le sɔleme, Kwasiɖagbe Suku, kple/alo Biblia nusɔsrɔ̃ me ŋu la – ele be wò ŋutɔ nànɔ Biblia xlẽm. Nu sia nu si wòle be nànya hafi ate ŋu anɔ Kristotɔwo ƒe agbe si akpɔ dzidzedze la le Biblia me. Mawu ƒe mɔfiame siwo ku ɖe ale si míawɔ nyametsotso siwo me nunya le, ale si míanya Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, ale si míasubɔ ame bubuwo, kple ale si míatsi le gbɔgbɔ me la le eme. Biblia nye Mawu ƒe Nya na mí. Biblia koŋue nye Mawu ƒe mɔfiamegbalẽ si ku ɖe ale si míanɔ agbee le mɔ si adze Eyama ŋu eye wòadze mía ŋu nu.

4. Tu ƒomedodo ɖo kple ame siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le gbɔgbɔ me.

Korintotɔwo I, 15:33 gblɔ na mí be, ‘Migaflu mi o: ‘Hadede vɔ̃wo gblẽa ame ƒe nɔnɔme nyuiwo me.’” Nuxlɔ̃amewo yɔ Biblia me fũ ku ɖe ŋusẽ si ame “vɔ̃ɖiwo” ate ŋu akpɔ ɖe mía dzi ŋu. Ɣeyiɣi zazã ɖe ame siwo ƒoa wo ɖokui ɖe nuvɔ̃dɔwo me ŋu ana dɔ mawo nate mí kpɔ. Ame siwo dome míele la ƒe nɔnɔme “atutu” mía ŋu. Esia tae wòle vevie ŋutɔ be míaƒo xlã mía ɖokui kple ame bubu siwo lɔ̃ Aƒetɔ la eye wotsɔ wo ɖokui na nɛ.

Dze agbagba nàdi xɔlɔ̃ ɖeka alo eve, ɖewohĩ tso wò hame me, siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ahade dzi ƒo na wò (Hebritɔwo 3:13; 10:24). Bia xɔ̃wòwo be woabu akɔŋta na wò le wò ɣeyiɣi si nèle ɖoɖoezizi me, wò dɔwɔnawo, kple ale si nèzɔna kple Mawu ŋu. Bia be yeate ŋu awɔ nenema ke na wo hã. Esia mefia be ele be nàɖe asi le xɔ̃wò siwo katã menya Aƒetɔ Yesu be eyae nye woƒe Ðela o la ŋu o. Yi edzi nànye wo xɔlɔ̃wo eye nàlɔ̃ wo. Ðeko nàna woanya be Yesu trɔ wò agbenɔnɔ eye màte ŋu awɔ nu siwo katã nèwɔna tsã la o. Bia Mawu be wòana mɔnukpɔkpɔ wò be nàgblɔ Yesu na xɔ̃wòwo.

5. Xɔ nyɔnyrɔ̃.

Ame geɖe mesea nyɔnyrɔ̃xɔxɔ gɔme nyuie o. Nya nyɔnyrɔ̃ gɔmee nye “be woanyrɔ̃ wo ɖe tsi me.” Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ nye Biblia ƒe mɔ si dzi nàto aɖe gbeƒã wò Kristo dzixɔse yeye la kple wò ɖokuitsɔtsɔna be yeadze eyome le dutoƒo. Nuwɔna si nye be woanyrɔ̃ ame ɖe tsia me la ɖee fia be woɖii kple Kristo. Nuwɔna si nye dodo tso tsia me la nye Kristo ƒe tsitretsitsi ƒe kpɔɖeŋu. Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ nye be nàde dzesi Yesu ƒe ku, eɖiɖi, kple tsitretsitsi (Romatɔwo 6:3-4).

Menye nyɔnyrɔ̃xɔxɔe xɔa na wò o. Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ meklɔa wò nu vɔ̃wo ɖa o. Toɖoɖo ƒe afɔɖeɖe koe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ nye, wò xɔse le Kristo ɖeɖeko me ƒe gbeƒãɖeɖe le dutoƒo hena ɖeɖekpɔkpɔ. Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ le vevie elabena enye toɖoɖo ƒe afɔɖeɖe – gbeƒãɖeɖe le gaglãgbe be nèxɔ Kristo dzi se kple wò ɖokuitsɔtsɔna Eyama. Ne èle klalo be yeaxɔ nyɔnyrɔ la, ele be nàƒo nu kple Osɔfo aɖe.

English



Trɔ yi ɛβɛɡbɛ ƒe gɔmedzedze

Ðeko metsɔ nye xɔse ɖo Yesu dzi teti koe nye ema...azɔ nu ka mawɔ?
© Copyright Got Questions Ministries