settings icon
share icon
Biabia

Èxɔ Tsɔtsɔkea? Ale ke mawɔ axɔ tsɔtsɔke tso Mawu gbɔ?

Ŋuɖoɖo


Dɔw. 13: 38 Paul yi eƒe nuƒoƒo dzi gblɔ na wo be: “Nɔvinyewo, miɖo to miase nya sia ɖa. Yesu sia tae woatso míaƒe nu vɔ̃wo ake mi”

Nu kae nye tsɔtsɔke eye nu ka tae mehiãe?

Nya “tsɔ ke” fia be woatutu slate la ɖa, atsɔe ake, ate fli ɖe fe aɖe me. Ne míewɔ nuvevi ame aɖe la, míebiaa eƒe tsɔtsɔke bene ƒomedodoa nagaɖo wo nɔewo gbɔ. Wometsɔa tsɔtsɔke na ame le esi wòdze be woatsɔe ake ta o. Ame aɖeke medze be woatsɔe ake o. Tsɔtsɔke nye lɔlɔ̃, nublanuikpɔkpɔ, kple amenuveve ƒe nuwɔna. Tsɔtsɔke nye nyametsotso be màgalé nane ɖe ame bubu ŋu o, togbɔ be wowɔ nu ɖe ŋuwò hã.

Biblia gblɔ na mí be mí katã míehiã tsɔtsɔke tso Mawu gbɔ. Mí katã míewɔ nu vɔ̃. Nyagblɔla 7:20 ɖe gbeƒãe be, “Ame dzɔdzɔe aɖeke mele anyigba dzi si wɔa nu nyui, eye mewɔa nu vɔ̃ gbeɖe o.” Yohanes I.1:8 gblɔ be, “Ne míegblɔ be nu vɔ̃ aɖeke mele mía si o la, míeblea mía ɖokui eye nyateƒe la mele mía me o.” Nuvɔ̃wo katã nye aglãdzedze ɖe Mawu ŋu ƒe nuwɔna mlɔeba (Psalmo 51:4). Esia wɔe be míehiã Mawu ƒe tsɔtsɔke vevie. Ne wometsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí o la, míazã mavɔmavɔ atsɔ akpe fu le míaƒe nu vɔ̃wo me tsonuwo ŋu (Mateo 25:46; Yohanes 3:36).

Tsɔtsɔke – Ale ke mawɔ axɔe?

Akpe be Mawu nye lɔlɔ̃tɔ kple nublanuikpɔla – edi vevie be yeatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí! Petro II. 3:9 gblɔ na mí be, “...Egbɔ dzi ɖi na mi, medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ ame sia ame natrɔ dzime.” Mawu di be yeatsɔe ake mí, eya ta Ena míaƒe tsɔtsɔke na mí.

Tohehe dzɔdzɔe ɖeka kolia si míate ŋu ahe na míaƒe nu vɔ̃woe nye ku. Romatɔwo 6:23 ƒe afã gbãtɔ ɖe gbeƒãe be, “Elabena nu vɔ̃ ƒe fetu enye ku...” Ku mavɔ nye nusi míekpɔ ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta. Mawu, le eƒe ɖoɖo deblibo me la, va zu amegbetɔ – Yesu Kristo (Yohanes 1:1 14). Yesu ku le atitsoga la dzi, exɔ tohehe si míedze na la – ku. Korintotɔwo II. 5:21 fia mí be, “Mawu wɔ Amesi si nu vɔ̃ aɖeke mele o la wòzu nuvɔ̃ ɖe mía ta, bene míazu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le eyama me.” Yesu ku le atitsoga la dzi, eye wòxɔ tohehe si dze na mí! Esi Yesu ƒe ku nye Mawu ta la, ena xexe bliboa ƒe nu vɔ̃wo ke mí. 1 Yoh. Yesu fɔ tso ame kukuwo dome, eye wòɖe gbeƒã eƒe aʋadziɖuɖu ɖe nu vɔ̃ kple ku dzi (Korintotɔwo I. 15:1-28). Mikafu Mawu, to Yesu Kristo ƒe ku kple tsitretsitsi me la, Romatɔwo 6:23 ƒe afã evelia nye nyateƒe, “...gake Mawu ƒe nunana lae nye agbe mavɔ to Yesu Kristo mía Aƒetɔ dzi.”

Ðe nèdi be woatsɔ yeƒe nu vɔ̃wo ake yea? Ðe fɔɖiɖi ƒe seselelãme aɖe si le fu ɖem na wò si dze abe màte ŋu akpɔ be yeadzo o ene la le asiwòa? Wò nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke li ne ètsɔ wò xɔse da ɖe Yesu Kristo dzi abe wò Ðela ene. Efesotɔwo 1:7 gblɔ be, “Eya mee míekpɔ ɖeɖe to eƒe ʋu me, si nye nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke, le Mawu ƒe amenuveve ƒe kesinɔnuwo nu.” Yesu xe fe si míenyi ɖe mía ta, ale be woate ŋu atsɔe ake mí. Nusi wòle be nàwɔ koe nye be nàbia Mawu be wòatsɔe ake wò to Yesu dzi, axɔe ase be Yesu ku be yeaxe fe ɖe wò tsɔtsɔke ta – eye wòatsɔe ake wò! Gbedasi wɔnuku sia le Yohanes 3:16-17 me be, “Elabena Mawu lɔ̃ xexeame ale gbegbe be wòtsɔ Via ɖeka kolia la na, bena ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ. Elabena Mawu medɔ Via ɖe xexeame be wòabu fɔ xexeame o, ke boŋ be wòaɖe xexeame to eyama dzi.”

Tsɔtsɔke – ɖe wòle bɔbɔe nenema ŋutɔŋutɔa?

Ẽ, ele bɔbɔe nenema gbegbe! Màte ŋu akpɔ tsɔtsɔke tso Mawu gbɔ o. Màte ŋu axe fe ɖe wò tsɔtsɔke tso Mawu gbɔ ta o. Miateŋu axɔe, to xɔse me, to Mawu ƒe amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ me. Ne èdi be yeaxɔ Yesu Kristo abe yeƒe Ðela ene eye yeaxɔ tsɔtsɔke tso Mawu gbɔ la, gbedodoɖa si nàte ŋu ado gbe ɖa lae nye esi. Gbedodoɖa sia alo gbedodoɖa bubu aɖeke maɖe wò o. Ŋuɖoɖo ɖe Yesu Kristo ŋu koe ate ŋu ana míatsɔ nu vɔ̃wo ake mí. Ðeko gbedodoɖa sia nye mɔ si dzi nàto aɖe wò xɔse ɖe edzi afia Mawu eye nàda akpe nɛ be ena wò tsɔtsɔke na wò. "Mawu, menyae be mewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò eye medze na tohehe. Gake Yesu Kristo xɔ tohehe si dze nam ale be to edzixɔxɔse me la mate ŋui woatsɔe ake wo. Meɖoa ŋu ɖe Wò ŋu hena ɖeɖekpɔkpɔ. Akpe na Wò ɖe Wò amenuveve wɔnuku kple tsɔtsɔke ta! Amen!"

Ðe nèwɔ nyametsotso aɖe na Kristo le nya siwo nèxlẽ le afi sia ta? Ne nenemae la, taflatse zi "Mexɔ Kristo egbea" ƒe dzesi si le ete la dzi.

English



Trɔ yi ɛβɛɡbɛ ƒe gɔmedzedze

Èxɔ Tsɔtsɔkea? Ale ke mawɔ axɔ tsɔtsɔke tso Mawu gbɔ?
© Copyright Got Questions Ministries