settings icon
share icon
Biabia

Agbe avɔ su asiwòa?

Ŋuɖoɖo


Biblia gblɔ mɔ si me kɔ nyuie si dzi woato akpɔ agbe mavɔ. Gbã la, ele be míade dzesii be míewɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ŋu: "Elabena amewo katã wɔ nu vɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la megale wo ŋu o" (Romatɔwo 3:23). Mí katã míewɔ nu siwo medzea Mawu ŋu o, si wɔe be míedze na tohehe. Esi míaƒe nu vɔ̃wo katã ku ɖe Mawu mavɔ aɖe ŋu mlɔeba ta la, tohehe mavɔ koe sɔ gbɔ. "Nuvɔ̃ ƒe fetu enye ku, ke Mawu ƒe nunana lae nye agbe mavɔ to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ dzi" (Romatɔwo 6:23).

Ke hã, Yesu Kristo, nuvɔ̃manɔsitɔ (Petro I, 2:22), Mawu ƒe Vi mavɔ la va zu amegbetɔ (Yohanes 1:1,14) eye wòku be yeaxe míaƒe tohehea. "Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia mí le esia me: esime míegakpɔtɔ nye nuvɔ̃wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta" (Romatɔwo 5:8). Yesu Kristo ku le atitsoga la dzi (Yohanes 19:31-42), exɔ tohehe si dze na mí (Korintotɔwo II.5:21). Ŋkeke etɔ̃ megbe la, Efɔ tso ame kukuwo dome (Korintotɔwo I, 15:1-4), si ɖo kpe edzi be yeɖu nuvɔ̃ kple ku dzi. "Le eƒe nublanuikpɔkpɔ gã la me la, ena míedzi yeyee hena mɔkpɔkpɔ gbagbe to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome me" (Petro I. 1:3).

To xɔse me la, ele be míatrɔ míaƒe susu le Kristo ŋu - amesi wònye, nusi wòwɔ, kple nusitae - hena ɖeɖekpɔkpɔ (Dɔwɔwɔwo 3:19). Ne míetsɔ míaƒe xɔse ɖo Eyama dzi, míeɖo ŋu ɖe eƒe ku le atitsoga ŋu be wòaxe míaƒe nu vɔ̃wo ta la, woatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí eye míaxɔ agbe mavɔ ƒe ŋugbedodo le dziƒo. "Elabena Mawu lɔ̃ xexeame ale gbegbe be wòtsɔ Via ɖeka kolia la na ale be ame sia ame si xɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ" (Yohanes 3:16). "Ne èʋu eme kple nu be, ‘Yesu nye Aƒetɔ,’ eye nèxɔe se le wò dzi me be Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, àkpɔ ɖeɖe" (Romatɔwo 10:9). Xɔse ɖeɖeko le Kristo ƒe dɔ si wu enu le atitsoga la dzi koe nye mɔ vavã ɖeka kolia si dzi woato ayi agbe mavɔ me! "Elabena amenuveve mee woɖe mi le, to xɔse me - eye esia menye mia ŋutɔwo ƒe nunana o, ke boŋ Mawu ƒe nunanae - menye to dɔwɔwɔwo me o, bene ame aɖeke nagaƒo adegbe o" (Efesotɔwo 2:8-9).

Ne èdi be yeaxɔ Yesu Kristo abe wò Ðela ene la, gbedodoɖa ƒe kpɔɖeŋu aɖee nye esi. Ðo ŋku edzi be gbedodoɖa sia alo gbedodoɖa bubu ɖe sia ɖe gbɔgblɔ maɖe wò o. Ŋuɖoɖo ɖe Kristo ŋu koe ate ŋu aɖe wò tso nu vɔ̃ me. Ðeko gbedodoɖa sia nye mɔ si dzi nàto aɖe wò xɔse ɖe edzi afia Mawu eye nàda akpe nɛ be ena wò ɖeɖekpɔkpɔ. "Mawu, menya be mewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò eye medze na tohehe. Gake Yesu Kristo xɔ tohehe si dze nam ale be to edzixɔxɔse me la, woate ŋu atsɔm akem. Metsɔ nye ŋuɖoɖo ɖe ŋuwò hena ɖeɖekpɔkpɔ. Akpe na Wò ɖe Wò amenuveve wɔnuku la ta kple tsɔtsɔke - agbe mavɔ ƒe nunana! Amen!"

Ðe nèwɔ nyametsotso aɖe na Kristo le nya siwo nèxlẽ le afi sia ta? Ne nenemae la, taflatse zi "Mexɔ Kristo egbea" ƒe dzesi si le ete la dzi.

English



Trɔ yi ɛβɛɡbɛ ƒe gɔmedzedze

Agbe avɔ su asiwòa?
© Copyright Got Questions Ministries