settings icon
share icon
Biabia

Ame ka enye Yesu Kristo?

Ŋuɖoɖo


Le nyateƒe me le biabia la ŋuti “Mawu lia?” Biabia la enye bena woanya ne Yesu Kristo li, eye wònye nane si le kplamatsɛ dom ame ʋee aɖewo. Ame geɖewo xɔe de me be Yesu nye ame aɖe si nɔ agbe le Israel nyigba dzi anɔ ƒè akpe eve (2000) enye si. Nyahehe ŋutɔ, enye nu si dze gɔme ku ɖe Yesu ƒe nyenye ŋuti. Elabena xɔsehagãwo katã fia nu be: Nyagblɔɖila, nufiala alo ame kɔkɔe aɖee. Gake gblɔ na mí be; Yesu Kristo la ewu nyagblɔɖi la nufial kple ame kɔkɔe aɖe gɔ̃.

C. S. Lewis ŋlɔ nya siawo ɖe eƒe agbalẽ si nye Mere Christianity me be: “Mele agbagba dzem le afi sia be maxe mɔ na ame aɖeke be wòagagblɔ bometsinya ŋutɔŋutɔ si amewo gblɔna zi geɖe tso Eya [Yesu Kristo] ŋu o: ‘Mele klalo be maxɔ Yesu be enye agbenyuinɔnɔ ƒe nufiala gã aɖe, Gake nyemelɔ̃ ɖe eƒe nya si wògblɔ be yenye Mawu dzi o.’ Ema enye nya ɖeka si mele be míagblɔ o. Ŋutsu si nye ŋutsu dzro aɖe ko eye wògblɔ nya siwo ƒomevi Yesu gblɔ la manye agbenyuinɔnɔ fiafiala gã aɖeke o. Anye aɖaʋatɔ—le ɖoƒe si sɔ kple ŋutsu aɖe si gblɔna be azi si woda lae—alo ne menye nenema o la, anye dzomavɔ ƒe Abosam. Ele be nàwɔ wò tiatia. Ŋutsu sia nye, eye wògale, Mawu ƒe Vi, alo ne menye nenema o la, aɖaʋatɔ alo nane si vɔ̃ɖi wu. Àte ŋu azi ɖoɖoe be enye bometsinu, àte ŋu aƒo ta ɖe enu ahawui abe gbɔgbɔ vɔ̃ ene; alo àte ŋu adze anyi ɖe eƒe afɔ nu ayɔe be Aƒetɔ kple Mawu. Gake migana míato nya dzodzro aɖeke vɛ si ana míado alɔ ame le amegbetɔ ƒe nufiala gã aɖe nyenye ŋu o. Megblẽ tiatia ma ɖi na mí o. Meɖoe be yeawɔe o” (Macmillan, 1952, axa 55–56).

Eyata amekae Yesu gblɔ be yenye? Amekae Biblia gblɔ be Eya? Gbã la, Eyae nye Mawu le ŋutilã me. Yesu gblɔ le Yohanes 10:30 be, “Nye kple Fofo la míenye ɖeka.” Ne èkpɔe gbã la, ɖewohĩ esia madze abe ɖe wogblɔna be Mawue yenye ene o. Ke hã, lé ŋku ɖe ale si Yudatɔwo wɔ nui ɖe Eƒe nya la ŋu ɖa. Wodze agbagba be yewoaƒu kpee “le busunyagbɔgblɔ ta, elabena wò, ame dzro aɖe, gblɔ be yenye Mawu” (Yohanes 10:33). Yudatɔwo se Yesu ƒe nya la gɔme be a gblɔ be Mawue yenye. Le kpukpui siwo kplɔe ɖo me la, Yesu meɖɔ Yudatɔwo ɖo alo medzea agbagba be yeana yeƒe nya la me nakɔ gbeɖe o. Megblɔna gbeɖe be, “Nyemegblɔ be Mawue menye o.” Esi Yesu gblɔ be, “Nye kple Fofo la míenye ame ɖeka” (Yohanes 10:30) la, enɔ gbɔgblɔm vavã be ye kple Mawu sɔ.

Le Yoh kpewo be woaƒu kpe Yesu (Yohanes 8:59). Le Yesu ƒe gbɔgblɔ be yenɔ anyi do ŋgɔ na Abraham me la, etsɔ ŋkɔ aɖe na Mawu na eɖokui—NYE (kpɔ Mose II. 3:14). Yudatɔwo gbe Yesu ƒe dzedzeme be enye Mawu si dzɔ le ŋutilã me, gake wose nya si tututu gblɔm wònɔ la gɔme.

Biblia me kpeɖodzi bubu siwo ɖee fia be Yesu nye Mawu le ŋutilã me dometɔ aɖewo enye Yohanes 1:1, si gblɔ be, “Nya la nye Mawu,” tsɔ kpe ɖe Yohanes 1:14 ŋu, si gblɔ be, “Nya la zu ŋutilã.” Toma si nye nusrɔ̃la la ɖe gbeƒãe na Yesu be, “Nye Aƒetɔ kple nye Mawu” (Yohanes 20:28), Yesu meɖɔe ɖo o. Apostolo Paulo gblɔ tso Yesu ŋu be enye “mía Mawu gã kple Ðela, Yesu Kristo” (Tito 2:13). Apostolo Petro hã gblɔ nya ma ke, eye wòyɔ Yesu be “mía Mawu kple Ðela” (Petro II, 1:1 ).

Mawu Fofo la ɖi ɖase le amesi Yesu nye hã ŋu be: “Ke le Vi la ŋu la, egblɔ be, ‘Mawu, wò fiazikpui anɔ anyi tso mavɔ me yi mavɔ me, eye dzɔdzɔenyenye anye wò fiaɖuƒe ƒe fiatiti’” (Hebritɔwo 1:8; tsɔe sɔ kple Psalmo 45:6). Nubabla Xoxoa me nyagblɔɖiwo abe Yesaya 9:6 ene ɖe gbeƒã Kristo ƒe mawunyenye be: “Elabena wodzi vi na mí, wona ŋutsuvi mí, eye dziɖuɖu anɔ eƒe abɔta. Eye woayɔe be Aɖaŋuɖola wɔnuku, Mawu Ŋusẽtɔ, Fofo Mavɔ, Ŋutifafa ƒe Fia” (míete gbe ɖe edzi).

Nu ka tae Yesu ƒe amenyenye ŋuti nya biabia le vevie nenema gbegbe? Nu ka tae wòle vevie nenye be Yesu nye Mawu? Susu geɖe tae:

• Abe ale si C. S. Lewis ɖee fia ene la, ne Yesu menye Mawu o la, ekema Yesu enye alakpatɔ vɔ̃ɖitɔ kekeake eye womate ŋu aka ɖe edzi le go sia go me o.

• Ne menye Mawue Yesu nye o la, ekema apostoloawo hã anye aʋatsokalawo nenema ke.

• Ele be Yesu nanye Mawu elabena wodo ŋugbe na Mesia la be wòanye “Kɔkɔetɔ” la (Psalmo 16:5). Esi ame aɖeke mele anyigba dzi si nye ame dzɔdzɔe le Mawu ŋkume o (Psalmo 53:1; 143:2) ta la, eva hiã be Mawu ŋutɔ nage ɖe xexeame abe amegbetɔ ene.

• Ne Yesu menye Mawu o la, anye ne eƒe ku masɔ gbɔ be wòaxe xexeame katã ƒe nu vɔ̃wo ƒe tohehe o (Yohanes I. 2:2). Mawu ŋutɔ koe ate ŋu ana vɔsa si ŋu seɖoƒe meli na o, si ŋu asixɔxɔ le tegbee (Romatɔwo 5:8; Korintotɔwo II. 5:21).

• Mawu koe nye Ðela (Hosea 13:4; tsɔe sɔ kple Timoteo I. 2:3). Nenye be Yesu nanye Ðela la, ekema ele be wòanye Mawu.

Ele be Yesu nanye Mawu kple amegbetɔ siaa. Esi Yesu nye Mawu ta la, ate ŋu aɖi kɔ na Mawu ƒe dziku. Esi Yesu nye ŋutsu ta la, ŋutete nɔ esi be wòaku. Abe Mawu-amegbetɔ ene la, Yesu nye Avuléla deblibo le dziƒo kple anyigba dome (1 Timoteo 2:5). Yesu Kristo dzixɔxɔse me koe ɖeɖekpɔkpɔ le. Abe alesi wòɖe gbeƒãe ene la, “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la. Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko” (Yohanes 14:6).

English



Trɔ yi ɛβɛɡbɛ ƒe gɔmedzedze

Ame ka enye Yesu Kristo?
© Copyright Got Questions Ministries