settings icon
share icon
Biabia

Nu kae wòfia be nàxɔ Yesu be enye wò ŋutɔ wò Ðela?

Ŋuɖoɖo


Ðe nèxɔ Yesu Kristo abe wò ŋutɔ wò Ðela enea? Be nàse biabia sia gɔme nyuie la, ele be nàse nya siwo nye “Yesu Kristo,” “ame ŋutɔ tɔ,” kple “Ðela” gɔme gbã.

Amekae nye Yesu Kristo? Ame geɖe alɔ̃ ɖe edzi be Yesu Kristo nye ame nyui, nufiala gã aɖe, alo Mawu ƒe nyagblɔɖila gɔ̃ hã. Nu siawo nye nyateƒe le Yesu ŋu godoo, gake womeɖe amesi tututu wònye la me bliboe o. Biblia gblɔ na mí be Yesu nye Mawu le ŋutilã me, Mawu le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me (kpɔ Yohanes 1:1, 14). Mawu va anyigba dzi be yeafia nu mí, ada gbe le mía ŋu, aɖɔ mí ɖo, atsɔ ake mí—eye wòaku ɖe mía ta! Yesu Kristoe nye Mawu, Wɔla, Aƒetɔ dziɖulagã la. Ðe nèxɔ Yesu siaa?

Nu ka enye Ðela, eye nukatae míehiã Ðela? Biblia gblɔ na mí be mí katã míewɔ nu vɔ̃; mí katã míewɔ nu vɔ̃ɖiwo (Romatɔwo 3:10-18). Le míaƒe nu vɔ̃a ta la, míedze na Mawu ƒe dziku kple ʋɔnudɔdrɔ̃. Tohehe dzɔdzɔe ɖeka kolia si woate ŋu axɔ ɖe nuvɔ̃ siwo wowɔ ɖe Mawu si seɖoƒe meli na o eye wònɔa anyi ɖaa ŋu lae nye tohehe si seɖoƒe meli na o (Romatɔwo 6:23; Nyaɖeɖefia 20:11-15). Esia tae míehiã Ðela!

Yesu Kristo va anyigba dzi eye wòku ɖe mía teƒe. Yesu ƒe ku nye fetu si seɖoƒe meli na o ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta (Korintotɔwo II. 5:21). Yesu ku be yeaxe to na míaƒe nuvɔ̃wo ta (Romatɔwo 5:8). Yesu xe fea ale be mahiã be míawɔe o. Yesu ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome ɖo kpe edzi be eƒe ku sɔ gbɔ be wòaxe fe ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta. Esia tae Yesu nye Ðela ɖeka kolia (Yohanes 14:6; Dɔwɔwɔwo 4:12)! Ðe nèle ŋu ɖom ɖe Yesu ŋu be eyae nye wò Ðelaa?

Ðe Yesu nye wò “ame ŋutɔ” Ðela? Ame geɖe bua Kristotɔnyenye be enye sɔlemedede, kɔnuwɔwɔ, kple/alo nuvɔ̃ aɖewo mawɔmawɔ. Menye Kristotɔnyenyee nye ema o. Kristotɔnyenye vavãtɔ nye ame ŋutɔ ƒe ƒomedodo kple Yesu Kristo. Yesu xɔxɔ abe wò ŋutɔ wò Ðela ene fia be nàtsɔ wò ŋutɔ wò xɔse kple ŋuɖoɖo ɖe eŋu ade eme. Ame aɖeke mexɔa ɖeɖe to ame bubuwo ƒe xɔse me o. Wometsɔa dɔ aɖewo wɔwɔ kea ame aɖeke o. Mɔ ɖeka kolia si dzi nàto akpɔ ɖeɖe enye be wò ŋutɔ nàxɔ Yesu abe wò Ðela ene, aɖo ŋu ɖe eƒe ku ŋu abe wò nuvɔ̃wo ƒe fetu ene eye eƒe tsitretsitsi nye wò agbe mavɔ ƒe kakaɖedzi (Yohanes 3:16). Ðe Yesu ŋutɔ nye wò Ðela?

Ne èdi be yeaxɔ Yesu Kristo abe wò ŋutɔ wò Ðela ene la, gblɔ nya siwo gbɔna na Mawu. Ðo ŋku edzi be gbedodoɖa sia alo gbedodoɖa bubu ɖe sia ɖe gbɔgblɔ maɖe wò o. Yesu Kristo dzi xɔxɔ se kple eƒe dɔ si wòwɔ vɔ le atitsoga ŋu na wò koe ate ŋu aɖe wò tso nuvɔ̃ me. Gbedodoɖa sia nye mɔ aɖe si dzi nàto aɖe wò xɔse ɖe edzi afia Mawu eye nàda akpe nɛ ɖe wò ɖeɖekpɔkpɔ ta ko. “Mawu, menya be mewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò eye medze na tohehe. Gake mexɔe se be Yesu Kristo xɔ tohehe si dze nam ale be to edzixɔxɔse me la, woate ŋu atsɔe akem. Mexɔa Wò tsɔtsɔke ƒe nunana eye meɖoa ŋu ɖe ŋuwò hena ɖeɖekpɔkpɔ. Mexɔ Yesu be enye nye ŋutɔ nye Ðela! Akpe na Wò ɖe Wò amenuveve wɔnuku kple tsɔtsɔke ta—agbe mavɔ ƒe nunana! Amen!”

Ðe nèwɔ nyametsotso aɖe na Kristo le nya siwo nèxlẽ le afi sia ta? Ne nenemae la, taflatse zi "Mexɔ Kristo egbea" ƒe dzesi si le ete la dzi.

English



Trɔ yi ɛβɛɡbɛ ƒe gɔmedzedze

Nu kae wòfia be nàxɔ Yesu be enye wò ŋutɔ wò Ðela?
© Copyright Got Questions Ministries