settings icon
share icon
Biabia

Ðe Yesu nye Mawua? Ðe Yesu gblɔ kpɔ be Mawue yenyea?

Ŋuɖoɖo


Ame aɖe siwo gbe be Yesu menye Mawu o la gblɔna be Yesu megblɔ kpɔ be Mawue yenye o. Esɔ be Biblia meŋlɔ Yesu ƒe nya siwo tututu gblɔ be, “Nyee nye Mawu” la ɖi gbeɖe o. Gake esia mefia be Yesu megblɔ kpɔ be Mawue yenye o.

Ðe Yesu nye Mawua? — Yesu gblɔ be Mawu yenye.

Le kpɔɖeŋu me, bu nya siwo Yesu gblɔ le Yohanes 10:30, “Nye kple Fofo la míenye” la ŋu kpɔ. Ðeko wòle be míalé ŋku ɖe ale si Yudatɔwo wɔ nui ɖe Eƒe nyagbɔgblɔ ŋu la ŋu be míanya be Mawue yenye. Wodze agbagba be yewoaƒu kpee le susu sia tututu ta: “Wò, ame dzro aɖe, gblɔ be yenye Mawu” (Yohanes 10:33, míete gbe ɖe edzi). Yudatɔwo se nu si tututu gblɔm Yesu nɔ la gɔme—si nye mawu. Esi Yesu ɖe gbeƒãe be, “Nye kple Fofo la míenye ɖeka” la, enɔ gbɔgblɔm be ye kple Fofo la ƒe nɔnɔme kple nu vevi ɖeka koe li. Yohanes 8:58 hã nye kpɔɖeŋu bubu. Yesu ɖe gbeƒãe be, “Nyateƒee mele egblɔm na mi ... hafi woadzi Abraham la, nyee!” Esia nye nuƒoƒo tso Mose II, 3:14 ŋu esime Mawu ɖe eɖokui fia be yenye “NYE.” Yudatɔ siwo se nya sia la ɖo eŋu to kpewo fɔfɔ be yewoawui le busunyagbɔgblɔ ta, abe alesi Mose ƒe Sea de se ene (Mose III. 4:16).

Ðe Yesu nye Mawua? — Eyomedzelawo ɖe gbeƒãe be enye Mawu.

Yohanes gagblɔ Yesu ƒe mawunyenye ƒe nukpɔsusua ake be: “Nya la [Yesu] nye Mawu” eye “Nya la zu ŋutilã” (Yohanes 1:1, 14). Kpukpui siawo ɖee fia kɔte be Yesu nye Mawu le ŋutilã me. Dɔwɔwɔwo 20:28 gblɔ na mí be, “Minye alẽkplɔlawo na Mawu ƒe hame, si wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe ʋu ƒle la.” Ame kae tsɔ eya ŋutɔ ƒe ʋu ƒle hame la? Yesu Kristo. Eye kpukpui sia ke ɖe gbeƒãe be Mawu tsɔ eya ŋutɔ ƒe ʋu ƒle eƒe hame la. Eya ta, Yesue nye Mawu.

Toma si nye nusrɔ̃la la ɖe gbeƒã le Yesu ŋu be, “Nye Aƒetɔ kple nye Mawu” (Yohanes 20:28). Yesu meɖɔe ɖo o. Tito 2:13 de dzi ƒo na mí be míalala mía Mawu kple Ðela, Yesu Kristo, ƒe vava (kpɔ 2 Petro 1:1 hã). Le Hebritɔwo 1:8 la, Fofo la ɖe gbeƒã le Yesu ŋu be, “Ke le Vi la ŋu la, egblɔ be, ‘Oo Mawu, wò fiazikpui anɔ anyi tegbee yi mavɔ me, eye dzɔdzɔenyenye anye wò fiaɖuƒe ƒe fiatikplɔ.’” Yesu ŋue Fofo la ƒo nu tsoe abe Mawu ene, si fia be Yesu nye Mawu vavã.

Le Nyaɖeɖefia me la, mawudɔla aɖe fia mɔ apostolo Yohanes be wòasubɔ Mawu ɖeɖeko (Nyaɖeɖefia 19:10). Zi geɖe le Ŋɔŋlɔa me la, Yesu xɔa tadedeagu (Mateo 2:11; 14:33; 28:9, 17; Luka 24:52; Yohanes 9:38). Mekaa mo na amewo gbeɖe le esi wosubɔe ta o. Ne menye Mawue Yesu nye o la, anye ne egblɔ na amewo be woagasubɔ ye o, abe alesi mawudɔla si le Nyaɖeɖefia me wɔe ene. Le esiawo godo la, Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa bubu geɖewo li siwo ʋlia nya be Yesu nye Mawu.

Ðe Yesu nye Mawua? — Nu si ta wòle be Yesu nanye Mawu.

Susu vevitɔ kekeake si ta wòle be Yesu nanye Mawu enye be, ne menye Mawue wònye o la, anye ne eƒe ku masɔ gbɔ be wòaxe xexeame ƒe nuvɔ̃wo ƒe tohehe o (Yohanes I. 2:2). Nuwɔwɔ aɖe, si Yesu anye ne menye Mawue wònye o la, mate ŋu axe tohehe si seɖoƒe meli na o si wobia tso ame si ɖe nuvɔ̃ si wowɔ ɖe Mawu si seɖoƒe meli na o ŋu la ta o. Mawu koe ate ŋu axe tohehe si seɖoƒe meli na o alea. Mawu koe ate ŋu axɔ xexeame ƒe nu vɔ̃wo (Korintotɔwo II. 5:21), aku, eye woafɔe ɖe tsitre, si aɖo kpe eƒe aʋadziɖuɖu ɖe nu vɔ̃ kple ku dzi dzi.

Ðe Yesu nye Mawua? Ɛ. Yesu ɖe gbeƒãe be yenye Mawu. Eyomedzelawo xɔe se be Mawue. Ne Yesu nye Mawu ko hafi ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ɖoɖoa wɔa dɔ. Yesu nye Mawu si trɔ zu ŋutilã, Alfa kple Omega mavɔmavɔtɔ (Nyaɖeɖefia 1:8; 22:13), kple Mawu mía Ðela (Petro II. 1:1).

English



Trɔ yi ɛβɛɡbɛ ƒe gɔmedzedze

Ðe Yesu nye Mawua? Ðe Yesu gblɔ kpɔ be Mawue yenyea?
© Copyright Got Questions Ministries