settings icon
share icon
Biabia

Nu ka enye ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔ la?

Ŋuɖoɖo


Ðe dɔ le wuwòma? Menye ŋutilã me dɔ le wuwòm o, gake ɖe nane si lolo wu le agbe me ƒe dɔwuame le mewòa? Ðe nane le mewò goglo si dze abe ɖe wò dzi medzea eme gbeɖe o enea? Ne nenemae la, ke Yesue nye mɔa! Yesu gblɔ be, “Nyee nye agbebolo la. Ame si va gbɔnye la, dɔ magawui gbeɖe o, eye ame si xɔ dzinye se la, tsikɔ magawui gbeɖe o” (Yohanes 6:35).

Ðe nètɔtɔa? Ðe wòadze abe ɖe màkpɔ mɔ alo tameɖoɖo aɖeke le agbe me gbeɖe o enea? Ðe wòdze abe ame aɖe tsi akaɖiawo eye mète ŋu ke ɖe gboti la ŋu oa? Ne nenemae la, ke Yesue nye mɔ si dzi woato akpɔ ɖeɖe! Yesu ɖe gbeƒãe be, “Nyee nye xexeame ƒe kekeli. Ame si dze yonyeme la, mazɔ viviti me gbeɖe o, ke boŋ agbe ƒe kekeli la asu esi” (Yohanes 8:12).

Ðe nèse le ɖokuiwò me kpɔ be wotu ye le agbe mea? Ðe nète ʋɔtru geɖe kpɔ, gake èkpɔe be nusiwo le megbe na wo la le ƒuƒlu eye gɔmesese aɖeke mele wo ŋu oa? Ðe nèle mɔ aɖe dim be yea ge ɖe agbe si me dzidzeme le mea? Ne nenemae la, ke Yesu enye mɔ si dzi woato akpɔ ɖeɖe! Yesu ɖe gbeƒãe be, “Nyee nye agbo la; ame sia ame si to dzinye age ɖe eme la, woaɖee. Age ɖe eme, eye wòado go, eye wòakpɔ lãnyiƒe” (Yohanes 10:9).

Ðe ame bubuwo ɖea dzi le ƒowò ɣesiaɣia? Ðe miaƒe ƒomedodowo me goglo eye naneke me mekɔ oa? Ðe wòdze abe ame sia ame le agbagba dzem be yeawɔ wò viɖe enea? Ne nenemae la, ke Yesu enye mɔ la! Yesu gblɔ be, “Nyee nye alẽkplɔla nyui la. Alẽkplɔla nyui la tsɔa eƒe agbe ɖoa anyi ɖe alẽawo ta. Nyee nye alẽkplɔla nyui la; Menya nye alẽwo, eye nye alẽwo hã nyam” (Yohanes 10:11, 14).

Ðe nèbiaa ɖokuiwò be nukae dzɔna le agbe sia megbea? Enye ɖeɖi te ŋuwò be nànɔ agbe ɖe nu siwo gblẽna alo gbeɖuɖɔ ko ta? Ðe nèkea ɖi ɣeaɖewoɣi nenye be gɔmesese aɖe le agbe ŋua? Ðe nèdi be yeanɔ agbe le yeƒe ku megbea? Ne nenemae la, ke Yesue nye mɔ si dzi woato akpɔ ɖeɖe! Yesu ɖe gbeƒãe be, “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la. Ame si xɔ dzinye se la, anɔ agbe, ne eku hã; eye ame sia ame si le agbe, eye wòxɔ dzinye se la, maku gbeɖe o” (Yohanes 11:25–26).

Nu ka enye mɔa? Nu ka enye nyateƒea? Nukae nye agbea? Yesu ɖo eŋu be, “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la. Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko” (Yohanes 14:6).

Dɔwuame si nèsena la nye gbɔgbɔ me dɔwuame, eye Yesu koe ate ŋu ayɔe. Yesu koe ate ŋu aklẽ ɖe viviti la me. Yesu enye agbo si dzi woato akpɔ agbe mavɔ si me dzidzeme le. Yesu enye xɔlɔ̃ kple alẽkplɔla si dim nènɔ tsã. Yesu enye agbe—le xexe sia kple esi gbɔna me. Yesu enye ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔ!

Nu si ta dɔ le wuwòm, nu si ta wòdze abe ɖe nèbu le viviti me ene, nu si ta màte ŋu akpɔ gɔmesese le agbe ŋu o lae nye be èklã ɖa tso Mawu gbɔ. Biblia gblɔ na mí be mí katã míewɔ nu vɔ̃ eye le esia ta míeɖe mía ɖokui ɖa tso Mawu gbɔ (Nyagblɔla 7:20; Romatɔwo 3:23). Vovototo si nèsena le ɖokuiwò me le wò dzi me la nye Mawu si bu le wò agbe me. Wowɔ wò be ƒomedodo nanɔ mia kple Mawu dome. Le wò nu vɔ̃ ta la, èklã ɖa tso ƒomedodo ma gbɔ. Nusi gavloe wue nye be, wò nuvɔ̃ ana nàɖe wò ɖa tso Mawu gbɔ tegbee, le agbe sia kple esi gbɔna me (Romatɔwo 6:23; Yohanes 3:36).

Ale ke woate ŋu akpɔ kuxi sia gbɔe? Yesue nye ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔ! Yesu tsɔ wò nuvɔ̃ ɖo eɖokui dzi (Korintotɔwo II. 5:21). Yesu ku ɖe wò teƒe (Romatɔwo 5:8), eye wòxɔ tohehe si dze na wò. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, Yesu fɔ tso ame kukuwo dome, si ɖo kpe edzi be yeɖu nuvɔ̃ kple ku dzi (Romatɔwo 6:4–5). Nu ka ta Wòwɔe? Yesu ŋutɔ ɖo biabia ma ŋu be: “Lɔlɔ̃ si lolo wu esia, be wòamlɔ anyi la megali o, eƒe agbe ɖe exɔlɔ̃wo ta” (Yohanes 15:13). Yesu ku ale be nàte ŋu anɔ agbe. Ne ètsɔ wò xɔse ɖo Yesu dzi, eye nèka ɖe eƒe ku dzi abe wò nu vɔ̃wo ƒe fetu ene la, wotsɔ wò nu vɔ̃wo katã ke eye woklɔ wo ɖa. Ekema wò gbɔgbɔ me dɔwuame aɖi kɔ na wò. Woatsi akaɖiawo. Agbe si me dzidzeme le la asu asiwò. Ànya xɔ̃wò vevitɔ kple alẽkplɔla nyui vavãtɔ. Ànya be agbe le ye si le yeƒe ku megbe—agbe si woafɔ ɖe tsitre le dziƒo tegbee kple Yesu!

“Elabena alegbegbe Mawu lɔ̃ xexeame be wòtsɔ Via ɖeka kolia la na, bena ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ” (Yohanes 3:16).

Ðe nèwɔ nyametsotso aɖe na Kristo le nya siwo nèxlẽ le afi sia ta? Ne nenemae la, taflatse zi "Mexɔ Kristo egbea" ƒe dzesi si le ete la dzi.

English



Trɔ yi ɛβɛɡbɛ ƒe gɔmedzedze

Nu ka enye ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔ la?
© Copyright Got Questions Ministries